Dey English-Eʋe Learner's Dictionary
This work is an attempt at translating the English Language into Eʋe for the use of learners of the language. It is to be noted that the Aŋlɔ dialect has been used here for the simple reason that the authors are native Aŋlɔ speakers. Luckily, however, this dialect is the one used in all Eʋe literature in Ghana, Togo and Benin, and is accepted as the standard Eʋe.
Where there are no Eʋe words for a particular English word, the English word has been adopted into the Aŋlɔ dialect much as the English did earlier on with Latin and Greek words they could not translate into English.
We wish to register our sincere gratitude to Mrs. Gertrude Missodey for her immense assistance in word processing and typesetting the manuscript. Our thanks go also to Mr. B.K. Takyi whose work in the English, Akan, Eʋe, Ga Dictionary was consulted once in a while.
Victor Kwasi Dey and Kafui Dey
Adenta, Accra
Dey Iŋlisigbe-Eʋegbe Nusrɔlawo ƒe Nyameɖegbalɛ̃
Esia nye agbagba si miedze le Iŋlisigbea gɔmeɖeɖe de Eʋegbe me na Eʋegbe srɔ̃lawo. Miade dzesie be Aŋlɔ gbegbɔgblɔa yae miezã le afisia elabena, kpuie ko la, agbalɛ̃aŋlɔlawoa Aŋlɔtɔwo wonye. Dzɔgbenyuietɔa, gbegbɔgblɔ sia nye esike wozaãna le Eʋegbe nuŋɔŋlɔwo katã me le Ghana, Togo kple Benin, eye eyae woxɔ abe Eʋegbe, si amesiame zãna ene.
Afisi Eʋegbe nya ɖeke meli na Iŋlisigbe nya ɖe o la, miexɔ Iŋlisigbe nya la ɖe Aŋlɔ gbegbɔgblɔa me abe alesi Iŋlisiawo woe tsã ene kple Latin kple Helagbe nya siwo gome womete ŋu ɖe ɖe Iŋlisigbe me o ene.
Miele akpe manyagblɔ dam na Aƒenɔ Gertrude Missodey be wokpe ɖe mia ŋu ƒo miaƒe nuŋɔŋlɔwo na mi. Miaƒe akpedadawo yi na Aƒetɔ B.K. Takyi hã, amesi ƒe dɔ le Iŋlisigbe, Akan, Eʋe klpe Gɛ̃gbe nyameɖegbalɛ̃ me mikpɔ ɣeaɖewoɣi.
Victor Kwasi Dey kple Kafui Dey
Adenta, Accra
No comments:
Post a Comment